Mark 7:1-23

Yesu ƒo nu le nuɖuɖu kple asimaklɔmaklɔ ŋuti

(Mateo 15:1-20)

1Gbe ɖeka Farisitɔwo kple agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ. 2Ame siwo kpɔe be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔ asi ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o 3elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkuglui nu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene. 4Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nu ɖuzewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.

5Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe kɔnu xoxoawo o? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.”

6Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wogblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. 7Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’” 8Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo dzi. 9Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ta.

10“Le kpɔ ɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofofwò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vloe ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku.’ 11Gake miawo la miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na edzila si hiã nane be, ‘Taflatse nyemate ŋu akpe ɖe ŋuwò o! Elabena nu si wòle be matsɔ na wò la metsɔe na Mawu xoxo.’ 12Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ na fofoa alo dadaa o. 13Ale miegbe Mawu ƒe nya eye miewɔna ɖe miaƒe kɔ, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.”

14Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã mi ɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme” 15Naneke meli si tsoa egodo gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. 16Ame si to senu li na la nesee.

17Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeahe ɖa le amehawo gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe nya siwo wógblɔ va yi la gɔme na yewo.

18Yesu bia wo be “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu akpɔe dze sii be nu siwo mieɖuna la magblẽa nu le miaƒe luʋɔ ŋu oa? 19Ne ame ɖu nu la meyina eƒe dzi me o. Ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me.” Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.

20Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nu si ŋu ame buna lae gblẽa nu le eŋu heƒoa ɖii. 21Elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fĩeŋufeŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ 22ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ame ŋu gbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. 23Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miage ɖe Mawu ŋkume o.”

Copyright information for EweBEE